Luke 4

Abosam te Yesu kpɔ

(Mateo 4:1-11; Marko 1:12-13)

1Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la dzo le Yɔdan tɔsisia to eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. 2Enɔ afi ma ŋkeke blaene eye Satan va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o ale dɔwui vevie.

3Satan gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie neneye tututu la ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.”

4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe koe le vevie na amegbetɔ o.”

5Satan kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee eye wòɖe xexeame fiaɖuƒe katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me 6eye wògblɔ na Yesu be, “Dukɔ nyui siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔewo nye tɔnye eye mate ŋu atsɔe na ame sia ame si melɔ̃. 7Eya ta ne èdze klo subɔm ko la matsɔ wo na wò.”

8Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ ko wòle be míasubɔ.” 9Azɔ Satana gakplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. 10Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ bena, ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie 11woatsɔwò ɖe woƒe asiwo me ale be matsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’”

12Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Megate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ tamemabutɔe o.’”

13Esi Satrana wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu.

Yesu ƒe dɔgɔmedzedze le Galilea

(Mateo 4:12-17; Marko 1:14-15)

14Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũ azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo. 15Le mawunya deto siwo wògblɔna le wo ƒuƒoƒewo ta la ame sia ame kafu nɛ ŋutɔ.

Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret

(Mateo 13:53-58; Marko 6:1-6)

16Eva Nazaret, afi si wònɔ le eƒe ɖevime eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Sabat ŋkekea dzi. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la, 17wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋʋ teƒe si woŋlɔ ɖo be,

18“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta wosi ami nam ɖo edɔm ɖa bena magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa bena maɖe gbeƒẽ be woaɖe ga aboyomenɔlawo eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖanyilawo si me, 19eye maɖe gbeƒã Aƒetɔ la ƒe ƒe nyui la.”

20Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa tsɔe na ame si tsɔe nɛ la eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa. 21Yesu gagblɔ na ameawo be, “Mawunya sia va eme le egbe ŋkeke sia dzi.”

22Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui eye woƒe mo wɔ yaa le mawunya deto siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye sia? Alo menye Yosef vie oa?”

23Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖewohĩ miaɖo ŋku lododo sia adzi be, ‘Gbedala, da gbe le wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu’ esi gɔmee nye be, ‘Nu ka ta mewɔ nukunuwo le wò ŋutɔ wò dedu me abe ale si nèwɔe le Kapernaum ene o?’ 24Magblɔ na mi kple kakaɖedzi blibo be, bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me o.

25“Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi. 26Gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o, ke boŋ woɖoe ɖe ahosi aɖe si tso Zarefat le Sidon nuto me la gbɔ. 27Mibu nyagblɔɖila Elisa ame si da gbe le Naaman si nye Siriatɔ la ŋu kpɔ. Togbɔ be kpodɔléla geɖewo hã nɔ Israel siwo hiã gbedada vevie hã, Elisa meda gbe le woawo ŋu o, negbe Naaman Siriatɔ la ko.”

28Yesu ƒe nya siawo ve dɔme na ameawo ŋutɔ. 29Woƒe dziwo ho ɖe eŋu ale wotso hetutu asi ʋume nɛ do goe le xɔa me. Wokplɔe yi togbɛ si dzi wotu dua ɖo la ƒe kɔkɔeƒe be yewoatutui tso teƒe sia wòayi aɖadze aga me. 30Gake ezɔ to amehawo dome kɔ̃ɔ hedzo le wo gbɔ.

Yesu nya gbɔgbɔ makɔmakɔ le ŋutsu, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, me

(Marko 1:21-28)

31Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Sabat ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le wo ƒe ƒuƒoƒewo. 32Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu abe ame si nya nyateƒe la ene, eye megblɔa ame bubuwo ƒe susu o.

33Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, 34“Ago gbɔ! Wò Yesu Nazaretitɔ, nya aɖeke mele mí kpli wò dome o. Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mí. Menya ame si nènye, Mawu ƒe Vi kɔkɔe lae nènye.”

35Yesu tso nya la le enu be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me eye megawɔ nuvevi aɖekee o.

36Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” 37Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

Yesu yɔ dɔ ame geɖewo

(Mateo 8:14-17; Marko 1:29-34)

38Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea gbe ma gbe la, eyi Simɔn ƒeme, eye wòke ɖe Simɔn lɔ̃xo ŋu wònɔ ŋudza sesẽ aɖe lém. Ame sia ame kloe va ɖe kuku na Yesu gblɔ be, “Míeɖe kuku na wò da gbe le eŋu.”

39Yesu yi ɖatsi tre ɖe dɔnɔa ƒe abe gbɔ eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnua ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtsi tre heyi ɖaɖa nu na wo.

40Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo. 41Gbɔgbɔ vɔ̃tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.

Mawunyagbɔgblɔ le du geɖewo me

(Marko 1:35-39)

42Le ŋkeke eveagbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ yi ɖe gbe dzi. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum. 43Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na ame bubuwo hã elabena esia tae wodɔm ɖa.” 44Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le wo ƒe ƒuƒoƒewo.

Copyright information for EweBEE